Matthew 24:32-35

Nufiame tsɔ gboti la ŋu

(Marko 13:28-31; Luka 21:29-33)

32“Azɔ misrɔ̃ nu tso gboti ŋu. Nenye be tsi ɖo eƒe alɔwo me eye aŋgbawo de asi dodo me la, ekema minyae be dzomeŋɔli ɖo vɔ. 33Nenema ke ne miekpɔ be nu siawo katã de asi dzɔdzɔ me la, ekema minyae be nye vava tu aƒe kpokploe.

34“Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, dzidzime sia nu mava yi o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.

35“Dziƒo kple anyigba nu ava yi gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.
Copyright information for EweBEE